1 Dawid ƒe ha ɖe futamee la. Mawu dzram ɖo, elabena wòe mesi tso!
1 O! Mawu, na manɔ dedie, elabena wò mee mebe ɖo.
Yehowa kpɔa amesiwo ŋu wɔna mele o la ta; megbɔdzɔ, ke exɔ nam.
Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.
Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi;
Nye afɔɖeɖewo li ɖe wò mɔwo dzi zã, eye ke meɖe le nye afɔwo te o.
Dzram ɖo abe gadaglamakui le ŋkuvi me ene; ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te
Amesiwo katã kpɔm la, ɖu fewu le ŋunye, woke woƒe nuyiwo, eye woʋuʋu ta gblɔ be:
Dzra nye luʋɔ ɖo, eye naɖem, ŋu makpem o, elabena wòe mesi tso.
Esi dzi ɖe le ƒonye la, nyea megblɔ be: Woɖem ɖa le wò ŋku ta: ke èse nye kokoƒogbe, esi medo ɣli na wò.
Elabena Yehowa laa nya dzɔdzɔe, eye megblẽa eƒe mawumemewo ɖi o; akpɔ wo ta tegbee, ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe viwo.
Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woadzi ɖe „Ahɔ̃ne tsi nu maƒo le didiƒe“ ƒe gbe nu, nu le esime Filistitɔwo lée le Gat.
Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, ne woafia, eye woadzi ɖe „Dzogbenya ƒe ɖaseɖiɖi“ ƒe gbe nu;
Dawid ƒe konyifaha, si wodzi na Yehowa, le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta.
Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem,
Elabena ɣe kple akpoxɔnu enye Yehowa Mawu; Yehowa na amenuveve kple bubu, eye metea nu nyui amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe zɔzɔme ŋu o la o.
Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.
Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milè fu vɔ̃! Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.
ne wòakpɔ nu dzɔdzɔe ƒe toƒe ta, eye wòadzɔ eƒe mawumememe ƒemɔ ŋuyi.
Ẽ, mía ŋutɔwo mieɖo kpe dzi le mía dokui me bena, míele kuku ge, bene miagaɖo dzi ɖe mía ɖokui ŋu o, hafi ɖe Mawu, amesi fɔa ame kukuwo ɖe tsitre la ŋu boŋ,
nusi ta mekpe nusiawo ƒe fu hã ɖo, ke ŋu mekpem o: elabena menya amesi dzi mexɔ se, eye menyae pete bena, ŋusẽ le esi wòate ŋu adzra nusi wode asi nam la ɖo hena ŋkeke ma.