Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 15:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 amesi metsɔa eƒe ade zɔa eme gɔmee o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medea ŋukpe mo na xɔlɔ̃via o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 eye ameŋugbegblẽ mele aɖe dzi nɛ o, ame si mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye meƒoa ɖi nɔvia amegbetɔ o,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 15:3
16 Mawu Ofanana  

Ne ènyã vlodola ɖa la, ekema dzrewɔwɔ hã dzo, eye nyawɔwɔ kple dzu nu yi.


Alesi dziƒo kɔ, eye anyigba gogloe la, nenema fiawo ƒe dzimedzodzro meli o.


Woayra amegbetɔ, si wɔa alea, kple amegbetɔvi, si kuna ɖe nusia ŋu, amesi dzraa dzudzɔgbe la ɖo, be wòagagblẽ kɔ ɖo nɛ o, eye wòkpɔa eƒe asi dzi, be magawɔ vɔ̃a ɖeke o!


Meganye sakplitɔ nɔ yiyim le wò dukɔ me viwo dome o; eye megaka ɖe dzi, be woatso kufia na hawòvi o. Nyee nye Yehowa!


Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


sakplisalawo, ameŋuzɔlawo, amesiwo léa Mawu ɖe lu me, vlodolawo, dadalawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, amesiwo toa nu vɔ̃ɖi vɛ, amesiwo meɖoa to woƒe dzilawo o,


Migabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o! Migaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na amea ɖeke o, miaƒe tamesusuwo nanɔ nu nyuiwo yome le amewo katã ƒe ŋku me;


Lɔlɔ̃ la mewɔa vɔ̃ ɖe amehavi ŋuti o; eyata lɔlɔ̃ lae nye sedziwɔwɔ.


Woagagblɔ busunya ɖe amea ɖeke ŋuti o, wòaganye dzrehelawo o; woanye ame fetuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.


Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.


Lɔlɔ̃tɔ, megasi nu vɔ̃ɖi o, ke srɔ̃ nu nyui boŋ. Amesi wɔa nu nyui la, Mawu gbɔ wòtso, eye amesi woa nuvɔ̃ la, mekpɔa Mawu o.


Kpɔ ɖa, wò ŋkuwo kpɔe egbe sia be, Yehowa tsɔ wò ɖe asi nam egbea le agado la me; eye wogblɔ be, mawu wò, ke meve nuwò, eye megblɔ bena: Nyemaɖe asi nye aƒetɔ ŋu o, elabena Yehowa ƒe amesiamina wònye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa