Mi Zion-viwo, mitso aseye, ne miakpo dzidzɔ ɖe Yehowa, mia Mawu la ŋu; elabena atso tsidzadza ayra mi, ana adatsi kple keletsi nadza ɖe mia dzi abe tsa ene.
Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.
Tete fia la agblɔ na amesiwo le eƒe nuɖusi me la bena: Miva, mi Fofonye ƒe ame yayrawo, minyi fiaɖuƒe, si wodzra ɖo ɖi na mi tso xexeme ƒe gɔmeɖoɖoanyi me la, ƒe dome!
Ke woawo do ɣli gblɔ bena: Kplɔe yii, kplɔe yii, klãe ɖe ati ŋuti. Pilato gblɔ na wo bena: Miaƒe fia lae maklã ɖe ati ŋutia? Nunɔlagãwo ɖo ŋu nɛ bena: Fiãa ɖeke mele mia si o, negbe kaisaro ko.
Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa ŋku me, le nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, yra mi mietsɔ miaƒe asiwò wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.