Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 149:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mikafu Yehowa! Midzi ha yeye na Yehowa, eƒe bubu neɖi le mawumemewo ƒe ha me!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mikafu Yehowa. Midzi ha yeye na Yehowa, midzi eƒe kafukafuha le ame kɔkɔewo ƒe asaɖa me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 149:1
15 Mawu Ofanana  

Mikafu Yehowa! Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome.


Maxe nye adzɔgbeɖefe na Yehowa le eƒe dukɔ blibo la ŋku me,


Mawu, madzi ha yeye na wò, eye maƒo ha na wò le kasaŋku ka ewo tɔ dzi;


Mikafu Yehowa! Mikafu Yehowa tso dziƒo; midoe ɖe dzi le kɔkɔƒewo!


Xɔm tso dzata ƒe nu me, eye naɖem tso tò ƒe dzowo nu.


Elabena medo vlo, eye menya ŋu hiãtɔ ƒe hiã o, meɣla ŋku me ɖee o, eye esi wodo ɣli nɛ la, eɖo to.


Midzi ne yeye na; mitɔ asi kaawo nu kple ŋusẽ!


Ekema manyɔ wò ŋkɔ le ameha gãwo me, eye makafu wò le eme geɖewo dome.


Hadzilawo do ŋgɔ, saŋkuƒolawo xe megbe, eye ɖetugbi gakogoeƒolawo tsɔ wo ɖe dome.


Mali ke wò ƒome tegbee, eye maɖo wò fiazikpui anyi na dzidzimewo katã!“ Sela.


Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa!


Hadzidzi. Midzi ha yeye na Yehowa, elabena ewɔ nukunuwo! Eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ kɔkɔe la xɔ nɛ.


Mi amesiwo toa atsiaƒu dzi, kple atsiaƒu me nuwo, mi ƒukpowo kple wo dzi nɔlawo, midzi ha yeye na Yehowa, miɖe gbe ƒã eƒe kafukafu tso anyigba ƒe mlɔenu!


esime wògblɔ bena: „Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbe ƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.“


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa