Tete Mose do eƒe atikplɔ ɖe Egipte-nyigba dzi, eye Yehowa na ɣedzeƒeya ƒo ɖe anyigba la dzi ŋkeke blibo la katã kple zã blibo la katã, eye esi ŋu ke la, ɣedzeƒeya la kplɔ ʋetsuviwo vɛ.
Eye Yehowa na ɣetoɖoƒeya sesẽa ɖe ƒo, eye wòlɔ ʋetsuviawo ɖe nu ɖakɔ ɖe Avaƒu la me, ale be ʋetsuviawo dometɔa ɖeke megatsi Egipte-nyigba la ƒe afia ɖeke o.
Tete ʋukulawo vɔ̃, eye wo dome amesiame do ɣli yɔ eƒe mawu, eye wotsɔ ʋua me nuwo ƒu gbe ɖe ƒu me, ne woazu wodzoe, ke Yona ya yi ɖe ʋua gɔme, eye wòmia anyi do alɔ̃ yi me ʋĩ.
Esi wosi le Israel nu hele Bet-Xoron-to ƒe abu ɖim la, Yehowa hlẽ kpe gãwo ɖe wo dzi tso dziƒo vaseɖe Aseka, eye woku; amesiwo kpetsiawo wu la sɔ gbɔ wu esiwo Israel-viwo wu kple yi.