Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 148:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖe koe de dzi, eye eƒe atsyɔ̃ le anyigba kple dziƒowo tame.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 148:13
21 Mawu Ofanana  

Yehowa, tɔwòe nye gãnyenye kple ŋusẽ, ŋutikɔkɔe, bubu kple kafukafu, elabena nusianu, si le dziƒo kple anyigba la, tɔwòe. Yehowa, tɔwòe nye fiaɖuƒe, eye wòe ɖo kpo ɖe nusiwo katã ƒe ŋkɔ de dzi la dzi.


Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi kafukafuha ne wò le anyigbadzilɔwo dome.


Yehowa ɖo kpo ɖe dukɔwo katã dzi, eƒe ŋutikɔkɔe ɖo kpo ɖe dziƒo dzi.


Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!


Oo, Mawu, kɔ ɖokuiwò ɖe dzi gbɔ dziƒo ŋu, eye wò ŋutikɔkɔe nagbɔ anyigba blibo la ta!


Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũ! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!


Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.


Yehowa, mía Aƒetɔ, wò amesi na wò ŋutikɔkɔe gbagba gbɔ dziƒo ta, ale gbegbe wò ŋkɔ dzeani le anyigba blibo la dzii!


dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.


Mido Yehowa, mía Mawu la, ɖe dzi, eye mide ta agu ɖe eƒe to kɔkɔe la ŋgɔ, elabena Yehowa, mía Mawu la, le kɔkɔe!


vivi le eƒe nu me, eye eyama ɖze ani. Yerusalem-nyɔnuviwo, nye lɔlɔ̃tɔ lae nye esia: amesiae nye xɔ̃nye la!


Nyɔnuwo ƒe tughedzɛ, nuka wo lɔlɔ̃tɔ tso ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae? Nuka wo lɔlɔ̃tɔ tsa ƒo lɔlɔ̃tɔ bubuwo tae, hafi nèta nu na mí alea?


ahagblɔ le ɣemaɣi be: Mikafu Yehowa, miyɔ eƒe ŋkɔ, miɖe eƒe nuwɔwɔwo fia le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒãe be, eƒe ŋkɔ de dzi.


Yehowa ɖo kpo, elabena ele dzi me, eye wotsɔ: nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye yɔ Zion taŋ;


Eye wodo ɣli ɖo ɖe wo nɔewo gblɔ bena: Kɔkɔe, kɔkɔe, kɔkɔe enye Yehowa Zebaot! Eƒe ŋutikɔkɔe yɔ anyigba blibo la dzi!


Elabena aleke wòhenyo, eye wòdze ani ale? Bli nana ɖekakpuiwo tsina, eye aha yeye nana ɖetugbiwo tsina.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Amesi va anyi la, eya ke ganye amesi yi dziƒowo katã ƒe dziƒo hã, bene wòayɔ nuwo katã taŋ.


Ẽ, fifi gɔ̃ mebu wo katã nu bubu le Kristo Yesu, nye Aƒetɔ nyanya, si ƒo wo katã ta la ŋuti, amesi ta meɖe asi le nusiawo katã ŋuti ɖo, eye mebu wo aɖukpo dzi nuwoe, bena nye asi nasu Kristo dzi,


amesi yi ɖe dziƒo, eye wòle Mawu ƒe nuɖusi me, eye mawudɔlawo kple dziɖuɖuwõ kpakple ŋusẽwo bɔbɔ wo ɖokui nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa