Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 146:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Yehowa enye fia tegbee, Zion, wò Mawu le dzidzimewo katã me! Mikafu Yehowa!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Yehowa le fia ɖum tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. O! Zion, wò Mawu la aɖu fia le dzidzimewo katã me. Mikafu Yehowa.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 146:10
13 Mawu Ofanana  

Yehowa enye fia tegbetegbe, dukɔwo tsrɔ̃ ɖa le eƒe anyigba dzi.


Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.


Yerusalem, kafu Yehowa; Zion, ɖo wò Mawu ɖe dzi.


Yehowa aɖu fia ɖaa tegbetegbe.


Zion-nɔla, kpɔ dzidzɔ, eye natso aseye, elabena Israel ƒe kɔkɔetɔ la tri akɔ le dowò me.


Zion, wò du nyui xɔla, lia to kɔkɔ la; wò Yerusalem, du nyui xɔla, kɔ wò gbe dzi sesĩe; kɔe dzi megavɔ̃ o, eye gblɔ na Yuda-duwo bena: Kpɔ ɖa, mia Mawu enye si!


Du nyui xɔla ƒe afɔwo nyo le towo dzi loo! Eya, amesi ɖea gbe ƒã ŋutifafa, eye wòtoa gbe nyui, eɖea gbe ƒã xoname, eye wòle gbɔgblɔm na Zion be: Wò Mawu enye fia!


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Emegbe fia Dario ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔ, siwo le anyigba blibo la dzi bena: Eme nenyo na mi!


Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa