Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 143:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Yehowa, netsɔ naɖo tom, nu te nye gbɔgbɔ ŋu, megaɣla wo ŋku me ɖem, ne maɖi amesiwo yi aʋli me la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 O! Yehowa, tɔ nam kaba, elabena nu te nye gbɔgbɔ ŋu. Mègaɣla wò mo ɖem o, ne menye nenema o la, manɔ abe ame siwo yi aʋlime ene.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 143:7
20 Mawu Ofanana  

Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò!


Mi amesiwo vɔ̃a Yehowa la, mikafui! Mi Yakob-ƒomeawo katã, mibui! Mi Israel-ƒomeawo katã, misi eƒe ŋku me!


Megaɣla wò ŋku me ɖem o! Megatutu wò dɔla ɖa le dɔmedzoe me o! Wòe nye nye xɔname, megatsɔm ƒu gbe o, eye megagblẽm ɖi o, nye xɔname ƒe Mawu!


Dawid tɔ. Yehowa, wò yɔm mele. Nye aga, megado tokum o, be ne èdo tokum la, ne manɔ abe amesiwo yi aʋli me la ene o!


Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò! Amesiwo dia wò xɔname la, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Yehowa lolo!


Ɖo tom, Yehowa, elabena wò amenuveve la nyo; le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu trɔ ɖe ŋunye!


Megaɣla wò mo ɖe wò dɔla o, elabena ŋɔdzi lém, netsɔ naɖo tom!


De ƒe agbi mim, afɔɖoƒe meli o, mege ɖe tɔ ƒe gogloƒe, eye tsi ɖɔ va to dzinye.


Amesiwo katã dia wò la, ƒe dzeme nekɔ, eye woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò; eye amesiwo lɔ̃a wò xɔname le, nenɔ gbɔgblɔm ɖaa be: Mawu lolo!


Mawu, meganɔ adzɔge tso gbɔnye o, nye Mawu, netsɔ naxɔ nam!


Yehowa Zebaot, wò nɔƒewo sɔe nam loo!


Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wonye.


Elabena tsieƒe mada akpe na wò o, ku saɖagatsi makafu wò o, eye amesiwo yi aʋli me la, makpɔ mɔ na wò nyateƒe o.


Elabena nyemanɔ dzre hem godogodo o, eye nyemanɔ dɔmedzoe dom ɖaa o; elabena nu ava te gbɔgbɔ ŋu le ŋkunye me kple luʋɔ, siwo mewɔ la ŋu.


Eyata mele Yehowa, amesi tsyo nu eƒe ŋku me ɖe Yakob ƒe aƒea la sinu dzɔm, eye mele mɔ kpɔm nɛ.


eye amewo ƒe gbɔgbɔ nu latsi le vovɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nusiwo le anyigba blibo la katã dzi vam la ŋuti; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa