3 Yehowa, ɖo dzɔla na nye nu, eye nabu nye nuyiwo ƒe mɔnu ŋu!
3 O! Yehowa, ɖo dzɔla nye nu ŋu, eye nɔ ŋudzɔ ɖe nye nuyi ƒe ʋɔtru ŋu.
Amekae le agbe dim, amesi lɔ̃a ŋkeke geɖe, be yeakpɔ dzɔ gbenyuie?
Dawid ƒe ha na henɔ Yedutun.
Mebe: Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu, ne nyemagawɔ nuvɔ̃ kple nye aɖe o; made ga nye nu, ŋkeke alesi ame vɔ̃ɖi la gale ŋkunye me ko.
Nye nu me yɔ fũ kple wò kafukafu, nye ŋkekewo kple wò dodoɖedzi.
Migaxɔ miaƒe zɔhɛ ɖzl se o, eye migaɖo dzi ɖe mia xɔlɔ̃ kutsimea ŋu o; kpɔ wò aɖe dzi le nyɔnu, si le akɔwònu la ghɔ.
Ne amea de bua eɖokui bena, mawusubɔla yenye, eye medea ga eƒe ade o, ke wòblea eƒe dzi la, nenem me sia ƒe subɔsubɔ enye dzodzro.
Elabena mí katã míeda vo le nu geɖewo me. Ne amea ɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.