7 Megblɔ na Yehowa be: Nye Mawu nenye, Yehowa; se nye kokoƒogbe.
7 O! Aƒetɔ Yehowa, nye Ɖela sesẽ, ame si ɖɔ gakuku nam le aʋakpegbe.
Eye wòɖe amewo ɖo Edom, Edom blibo lae wòɖe amewo ɖoe, eye Edomtɔwo katã zu Dawid ƒe dɔlawo. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.
Eye Dawid ɖe amewo ɖo Aramtɔwo ƒe Damasko, eye Aramtɔwo zu Dawid ƒe dolawo, siwo dza nu nɛ. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.
wò, amesi na dziɖuɖu fiawo, eye nèɖe wò dɔla Dawid tso yi gblẽnu la nu.
Efia aʋawɔwɔ nye asi kple ɖa me vuvu nye alɔ.
Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?
Ke nye la, ŋuwò meɖo ŋu ɖo, Yehowa; megblɔ be, nye Mawu nènye.
Ke nye la madzi ha le wò ŋusẽ ŋu, eye le ŋdi la matso aseye ɖe wò amenuveve ŋu, elabena wòe nye nye mɔ̃ sesẽ kple sitsoƒe le nye xaxaɣi.
Nyateƒee, doɖoe zi le nye luʋɔ ŋu kpoo na Mawu, eya gbɔ nye xɔname tso.
Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã o!
Matsɔ eƒe alɔ aɖo atsiaƒu dzi, eye eƒe nuɖusi aɖo tɔsisiwo dzi.
Mitso! Mina míatso aseye ɖe Yehowa ŋu, eye míagli kple dzidzɔ ɖe míaƒe xɔname ƒe agakpe la ŋu!
Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!