Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 140:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Menyae be, Yehowa adrɔ̃ nya na hiãtɔwo, eye wòatso na ame dahewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Ame dzɔdzɔewo akafu wò ŋkɔ vavã, eye dzi dzɔdzɔetɔwo anɔ ŋkuwò me ɖaa.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 140:13
15 Mawu Ofanana  

Menana ame vɔ̃ɖiwo nɔa agbe o, eye wòtsona na hiãtɔwo.


Elabena Yehowa enye nuteƒewɔla, eye wòlɔ̃a nu dzɔdzɔe wɔwɔ; dzime dzɔdzɔe tɔwo akpɔ eƒe ŋku me.


Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.


E, dzɔgbenyuie kple amenuveve adze yonyeme le nye agbe me ŋkekewo katã me, eye mana Yehowa ƒe me ɖaa.


Míkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!


Nye ƒuwo katã agblɔ bena: Yehowa, amekae ɖe nuwò? Wò amesi ɖe hiãtɔ tso amesi tri akɔ wui la si me, kpakple hiãtɔ kple ame dahe tso amesi ɖa adzoe la si me.


Akplɔm le wò adaŋudede la nu, eye emegbe àxɔm ɖe gbɔwò kple bubu.


Mi ame dzɔdzɔewo, mikpɔ dzidzɔ de Yehowa ŋu, eye mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!


elabena Yehowa awɔ woƒe dzre na wo, eye wòada adzo amesiwo da adzo wo la ƒe agbe.


Woayra ame dzɔdzɔewo, wo tɔ me nyo na wo, elabena woaɖu woƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse.


Eye ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.


Fofo, amesiwo nètso nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.


emegbe la mi amesiwo susɔ le agbe la, woahe mí kpakpli wo siaa le alilikpowo me aɖakpe Aƒetɔ la le ya me, eye ale míanɔ anyi kple Aƒetɔ la ɖaasi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa