Tete fia Axasweros gblɔ na fiasrɔ̃ Ester kple Yudatɔ Mardoxai bena: Kpɔ ɖa, metsɔ Haman ƒe aƒe na Ester, eye wohe eya ŋutɔ ɖe ati ŋu, le esi wòɖo eƒe asi dzi ɖe Yudatɔwo ŋu la ta.
Vɔvɔ̃ kple ŋɔdzi lé wo, wò alɔ sesẽ na wodze ti zu abe kpe ene, vaseɖe esime wò dukɔ la to wo dome yi, Yehowa, vaseɖe esime wò dukɔ, si nèɖe la, to wo dome yi.
Ke miawoe nye dzidzime tiatia la, fia nunɔlanyenye, dukɔ kɔkɔe, dukɔ, si nye Mawu ŋutɔ tɔ, bene miaɖe gbe ƒã amesi yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ la, ƒe nutsuwɔwɔwo afia,