Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 139:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Edo nye azɔlizɔzɔ kple nye anyimɔmlɔ kpɔ, eye nye mɔwo katã le nyanya na wò.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ènya nye godoɣi kple nye anyimlɔɣi, ale nènya nye mɔwo katã nyuie.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 139:3
21 Mawu Ofanana  

Eye esi wòwɔ aho vɔ la, Dawid dɔ woɖakplɔe va eƒe me wòzu srɔ̃a, eye wòdzi ŋutsuvi nɛ. Ke nusi Dawid wo la, medze Yehowa ŋu o.


Eye wòɖe amewo ɖo Edom, Edom blibo lae wòɖe amewo ɖoe, eye Edomtɔwo katã zu Dawid ƒe dɔlawo. Eye Yehowa kpe ɖe Dawid ŋu le afisiafi, si wòyi.


Elabena edze si nye mɔ nyanyɛ la, eye ne adom akpɔ la, matsi anyi abe sika ene.


Ɖe mele nye mɔwo kpɔm, eye wòxlẽa nye afɔɖeɖewo katã oa?


Meléa ŋku ɖe wò seawo kple ɖaseɖiɖiawo ŋu, elabena nye mɔwo katã le ŋknwò me.


Ne mebe, maxlẽ wo la, wosɔ gbɔ wu ke! Ne menyo la, megale gbɔwò ko.


Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.


Baba na amesiwo nɔa bebem le Yehowa ŋku me, woɣlaa woƒe adaŋudede, eye wowɔa woƒe nu le vivi me henɔa gbɔgblɔm be: Ameka le mía kpɔm, eye ameka dze si mí?


Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?


amesi si lugbɔnu le, eye wòakplɔ eƒe lugbɔƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo eƒe lu nu ƒu ala ɖe ava me, ke tsroa la, wòatsɔ dzo matsimatsi atɔe.


Eye le fiẽnuɖuƒe, esi Abosam ɖee Yuda Iskariot, Simon vi la, ƒe dzi me xoxo bena, wòafia eyome mɔ,


Esi Yesu gblɔ esiawo la, eʋuʋu kpẽkpẽkpẽ le gbɔgbɔ me, eye wòɖi ɖase gblɔ bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dometɔ ɖeka lafia yonyeme mo


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa