11 Ne mebe, viviti netsyɔm hã la, ekema zã azu kekeli anɔ ŋunye;
11 Ne megblɔ be, “Vavã, viviti la ana maɣla, eye kekeli azu zã aƒo xlãm” la,
Tete wòfɔ le zã titina kɔ vinye le axanye, esime wò dɔlanyɔnu le alɔ dɔm, eye wòtsɔe mlɔ eƒe akɔnu hetsɔ kukua mlɔ nye akɔnu.
Ekloa nu le nusi ɣia nigbinigbi la dzi tso viviti me, eye wòhea blukɔ vaa kekeli nui.
Viviti kple blukɔa ɖeke meli, si me nu vɔ̃ɖi wɔla abe ɖo o.
hele gbɔgblɔm be: Yehowa mele ekpɔm o, Yakob ƒe Mawu la medze sii o!
Baba na amesiwo nɔa bebem le Yehowa ŋku me, woɣlaa woƒe adaŋudede, eye wowɔa woƒe nu le vivi me henɔa gbɔgblɔm be: Ameka le mía kpɔm, eye ameka dze si mí?
Yehowa be: Ɖe ame aɣla ɖe ɣaɣlɛƒe, eye magbe ekpɔkpɔa? Yehowa be: Ɖe menye nyee yɔ dziƒo kple anyigba dzi taŋ oa?