10 kpɔ ɖa, wò asi aɖakplɔm tso gama hã, eye wò nuɖusi além.
10 wò asi akplɔm, eye wò nuɖusi além ɖe asi sesĩe.
Ena nye luʋɔ gbɔ de eme, ekplɔm to toƒe dzɔdzɔewo le eƒe ŋkɔ la ta.
— elabena wòe nye nye kpeɖeŋutɔ, eye wò aʋala ƒe vɔvɔli te mele aseye tsom le —
Ke mele gbɔwò ɖaa, eye nèlé nye nuɖusi ɖe asi.
Elabena nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.
Ne wobe ɖe Karmel ta me la, maɖi wo le afima ahe wo agbɔe, eye ne wosia ɖem ɖe atsiaƒu gɔme la, madɔ da woaɖu wo le afima.