Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 137:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Elabena afima amesiwo ɖe aboyo mí la, di ha tso mía nu, eye amesiwo ha mí la, di dzidzɔ tso mía si le hegblɔ be: Midzi Zion-ha na mí!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 elabena afi mae ame siwo ɖe aboyo mí la bia ha tso mía si le; ame siwo wɔ fu mí la bia dzidzɔhawo tso mía si hegblɔ be, “Midzi Zion hawo dometɔ ɖeka na mí!”

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 137:3
18 Mawu Ofanana  

Dawid kple Lewi-vi, siwo tsɔ aɖaka la, hadzilawo kpakple agbatsɔlawo kple hadzilawo ƒe tatɔ Kenanya wodo aklaladziwui, eye Dawid ɖo aklalakɔmewu.


Gbemagbe enye zi gbãtɔ, esi Dawid tsɔ akpedaha, si wòadzi na Yehowa la, de asi na Asaf kple nɔviawo:


eye wo kalã wobla be, yewoaho aɖawɔ ana kple Yerusalem, eye yewoaɖe ʋunyaʋunya eme.


Dawid ƒe ha. Ha na henɔ la.


Asaƒ ƒe ha. Mawu, dukɔwo nye zi de wò domenyinu dzi, wogblẽ kɔ ɖo na wò gbedoxɔ kɔkɔe la, eye wotsɔ Yerusalem wɔ anyiglãgoe.


Ena aɖatsibolo wo woɖu, eye nèna aɖatsi wo taŋtaŋ wono.


Ve nunye, Yehowa! Wò amesi ɖe asi tenye tso ku ƒe agbowo me la, kpa alesi mele fu kpemi le nye adikãtɔwo si me la ɖa:


Amesi le ha dzim na dzi xanu la, le abe amesi ɖe avɔ ɖi le vuvɔŋɔli, eye abe ahaƒãe wokɔ ɖe adzalẽɖaɖi dzi ene.


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ agbɔ, eye woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Yehowa ƒe amesiwo wòxɔ ƒle la, atrɔ gbɔ, woava Zion kple aseyetsotso, eye dzidzɔ mavɔ anɔ woƒe ta me; vivisese kple dzidzɔ asu wo si, eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


Amesi nye ŋutsu nyanu la, nèse esia gɔme, eye amesi Yehowa ƒe nu toa nya na la, eya negblɔ nusi ta wotsrɔ̃ anyigba la, eye wogblẽe wòzu gbegbe, ale be amea ɖeke megatoa edzi yina o la ɖo.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa