Ale Yehowa gblɔ esi; eya amesi wɔ ɣe, ne wòaklẽ le ŋkeke me, eye wòɖo na ɣleti kple ɣletiviwo be, woaklẽ le zã me, eya amesi de adã ta me na atsiaƒu, be eƒe tsotsoewo nadze agbo la, eŋkɔ enye Yehowa Zebaot:
bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.