Elabena mele Egipte-nyigba dzi to ge le zã ma me, eye mawu amewo kple lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo le Egipte-nyigba la dzi, eye made nye ŋusẽ afia Egipte-trɔ̃wo katã hã, nye Yehowa!
Esi Farao sẽ tame be, yemaɖe asi le mia ŋu o la, Yehowa wu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte-nyigba dzi, tso amewo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi vaseɖe lãwo ƒe ŋgɔgbeviwo dzi; eyata metsɔa atsu sia atsu, si ʋu ɖo nu na dada la, sa vɔe na Yehowa; ke vinyeŋutsuwo la, meɖɔa li wo ta.