19 Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa; Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa;
19 O! Israel ƒe aƒe, mikafu Yehowa, O! Aron ƒe aƒe, mikafu Yehowa,
Eye Dawid gblɔ na ameha blibo la bena: Mikafu Yehowa, mia Mawu la! Tete ameha blibo la kafu Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu la, eye wobɔbɔ hede ta agu ɖe Yehowa kple fia la ŋku me.
Yehowa ɖo ŋku mía dzi; ayra Israel ƒe aƒe la, ayrae; ayra Aron ƒe aƒe la;
Yehowa, wò dɔwɔwɔwo katã ada akpe na wò, eye wò mawumemewo akafu wò.
Ewu eƒe dukɔ ƒe dzo ɖe dzi, eyata kafukafu neɖi le eƒe mawumemewo katã, Israel-viwo, dukɔ, si tsɔ ɖe egbɔ la nu! Mikafu Yehowa!
Eye gbe ɖi tso fiazikpui la me le gbɔgblɔm bena: Mikafu mía Mawu, mi eƒe dɔlawo katã kple mi amesiwo vɔ̃nɛ, mí ɖeviwo kple ame tsitsiwo!