Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 135:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Elabena Yehowa atso na eƒe dukɔ, eye eƒe dɔme atrɔ ɖe eƒe dɔlawo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Elabena Yehowa atso afia na eƒe dukɔ, eye wòakpɔ nublanui na eƒe dɔlawo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 135:14
11 Mawu Ofanana  

Eye Mawu dɔ dɔlaa ɖe ɖo ɖe Yerusalem, be wòaɖagblẽe. Ke esi wòde asi nugbegblẽ me la, Yehowa kpoe, eye vɔ̃ la vee, eye wògblɔ na dɔla, si le nu gblẽm la bena: Esɔ gbɔ azɔ, ɖiɖi wò asi ɖe anyi! Yehowa ƒe dɔla la tsi tre ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔ ƒe gbɔ.


Ele dzi me yɔ dziƒo kple anyigba ɖa, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ.


Dukɔwo ƒe amehawo ɖe to ɖe wò, to wo dzi nagbugbɔ ayi dziƒo!


Yehowa, trɔ kɔ dzro! Vaseɖe ɣekaɣie? Eye na wò dɔme natrɔ de wò dɔlawo ŋu!


le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.


Tete wòve Yehowa, eye Yehowa gblɔ bena. Mava me o.


Tete wòve Yehowa, eye Aƒetɔ Yehowa gblɔ be: Esia hã mava me o.


Eye wòdo gbe ɖa na Yehowa gblɔ bena: Oo, Yehowa, esia ŋu pɛ mebu, esime mele mía de; eyata medo ŋgɔ be, masi ayi Tarsis; elabena menyae be, Mawu amenuvela kple nublanuikpɔla nenye, egbɔa dzi ɖi blewu, dɔmenyo bɔ ɖe asiwò, eye vɔ̃wɔwɔ vea wò.


Elabena, ne ekpa be, ŋusẽ vo le wo ŋu, eye ame tsitsiwo kple ɖeviwo megali o la, adrɔ̃ ʋɔnu eƒe dukɔ, eye wòave eƒe dɔlawo nu


Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa