Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 132:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Wò nunɔlawo neta dzɔdzɔenyenye, eye wò mawumemewo netso aseye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu, eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.”

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 132:9
19 Mawu Ofanana  

Eyata Yehowa Mawu, mia kple wò ŋusẽ ƒe aɖaka la mitso, ne miayi ɖe wò gbɔɖemeƒe la! Yehowa Mawu, wò nunɔlawo nado xɔxɔ, eye wò ame dzɔdzɔewo nakpɔ dzidzɔ le nu nyuiwo ŋu!


Dzɔdzɔenyenye enye nye awu, si medona, eye nye nu dzɔdzɔe wɔwɔ le abe awu ʋlaya kple tablanu ene.


Luʋɔnye, kafu Yehowa! Yehowa, nye Mawu, èlolo ŋutɔ, ètaa gãnyenye kple atsyɔ̃ ɖoɖo.


Mata xɔname na woƒe nunɔlawo, eye woƒe mawumemewo atso aseye sesĩe.


Mawumemewo nekpɔ dzidzɔ le bubu me, eye woagli le wo ɖɔƒewo.


Korax viwo ƒe ha na henɔ la.


Abe alesi wogbɔa dzudzɔ ɖae ene la, nenema nanyã woe; alesi anyigba lólona le dzo nui la, nenema ame vɔ̃ɖiwo nu ayi le Mawu ŋku mee.


Amesiwo le gbɔgblɔm be: Ehɛ̃, ehɛ̃! la, woatrɔ le woƒe ŋukpe la ta.


Yehowa enye fia! Eta ganyenye, Yehowa ye me, etsɔ ŋusẽ bla ali dzi, eyae li ke xexeame, mana o.


Mele dzidzɔ kpɔm ɖe Yehowa ŋu, nye luʋɔ le aseye tsom ɖe nye Mawu ŋu; elabena eta xɔname ƒe avɔ nam, eye wòdo dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya nam, abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ blaa atsyɔ̃tae kple alesi ŋugbetɔ doa nui la ene.


Kpɔ ɖa, nye dɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta, ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye miafa avi le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.


Zion-nyɔnuvi, tso aseye, Israel, ɖo ɣli; Yerusalem-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ, natso aseye tso dzi blibo me!


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


hafi mido Aƒetɔ Yesu Kristo boŋ, eye migana beléle na ŋutilã nazu nudzodzrowo yomenɔnɔ o.


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Eye wona ŋusẽe be, wòado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ, si le dzo sim; elabena aklala biɖibiɖi la enye ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo.


Yehowa, alea wò futɔwo katã atsrɔ̃ enye si! Ke amesiwo lɔ̃nɛ la le, abe alesi ɣe dzena kple ŋusẽ ene. Eye anyigba la ŋu fa ƒe blane sɔŋ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa