6 Kpɔ ɖa, míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe.
6 Míesee le Efrata, eye míedo goe le Yaar gbegbe be,
Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.
Woɖa Mawu ƒe aɖaka la ɖe tasiaɖam yeyea ɖe me, eye wotsɔe tso Abinadab ƒe aƒe, si le togbɛ dzi la me, eye Abinadab viwo Usa kple Axio kplɔ tasiaɖam yeye la.
Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.
Ŋutsu la ŋkɔ nye Elimelex, eye srɔ̃a ŋkɔ nye Naomi, viaŋutsu eveawo ŋkɔ-wo nye Maxlon kple Xilion. Wonye Efrayimtɔwo tso Betlexem-Yuda, eye woʋu va Moab-nyigba dzi henɔ afima.
Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.
Tete Kiryat-Yearimtɔwo va kɔ Yehowa ƒe aɖaka la yi ɖada ɖe togbɛ dzi le Abinadab ƒe me, eye wokɔ via Eleazar ŋu, ne wòakpɔ Yehowa ƒe aɖaka la dzi.