eye wògblɔ na wo bena: Miawoe nye Lewi-viwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwo, miawo kple mia nɔviwò mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖakɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu ƒe aɖaka la va teƒe, si mewo nɛ.
Eye fia la tso ɖe tsitrenu gblɔ bena; Nɔvinyewo kple nye dukɔ, miɖo tom! Meɖo ɖe la me be, matu gbɔɖemeƒe na Yehowa ƒe nubablaɖaka la kple mía Mawu ƒe afɔɖodzinu, eye medzra ɖo ɖe elutu ŋu.