Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 132:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Yehowa ka nyateƒetam na Dawid, eye matrɔe o be: Wò alimevi matsɔ aɖo wò fiazikpui dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Yehowa ka atam na David; eka atam vavã si matu o la be, “Matsɔ wò ŋutɔ wò dzidzimevi aɖo fiae ɖe wò fiazikpui dzi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 132:11
21 Mawu Ofanana  

Ne wò azã de, eye nèmlɔ fofowòwo gbɔ la, ekema maɖo viwò, si ɖo tso wò ali me la, ɖe yowòme, eye mana eƒe fiaɖuƒe nali ke.


Manye fofoa, eye eya anye vinye, eye ne eda vo la, mahe to nɛ kple ameƒoti, eye maƒoe, abe alesi woƒoa amegbetɔviwo ene.


Wò aƒe kple wò fiaɖuƒe anɔ anyi tegbee le ŋkunye me, eye wò fiazikpui ali ke tegbee.


Eye fia la hã gblɔ be: Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si na amesi ano nye fiazikpui dzi la egbea, eye nye ŋkuwo kpɔe!


Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, dzra nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la ɖo, esi negblɔ bena: Ne viwòŋutsuwo nya lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le ŋkunye me, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene ko la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpuia dzi la nu matso o.


Azɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu, lé nya, si nègblɔ na fofonye Dawid la me ɖe asi, esi nègblɔ be: Ne viwòŋutsuwo lé ŋku ɖe woƒe mɔwo ŋu, eye wozɔ le nye sewo nu, abe alesi nèzɔ le ŋkunye me ene la, ekema wò amesiwo anɔ Israel-fiazikpui dzi la nu matso o.


ekema mana wò fiaɖuɖu ƒe fiazikpui nali ke, abe alesi medo ŋugbe na fofowò Dawid gblɔ ene be: Wò amesiwo aɖu fia ɖe Israel dzi la nu matso o!


Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.


ekema matsɔ ameƒoti ava kpɔ woƒe dzidada ɖae, kple fuɖename ava kpɔ woƒe vodada ɖae.


Nyemagblẽ kɔ do na nye nubabla o, eye nyematrɔ nusi do tso nye nuyiwo me la o.


Eƒe ƒome anɔ anyi tegbee kple eƒe fiazikpui abe ɣe ene le ŋkunyie me.


Mali ke wò ƒome tegbee, eye maɖo wò fiazikpui anyi na dzidzimewo katã!“ Sela.


Mawu menye amegbetɔ wonye, ne wòaka aʋatso o eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ɖe woagblɔ nya, eye mawo edzi oa? Ɖe woaƒo nu, eye mawɔe oa?


Eya la anye gã, eye woayɔe be dziƒoxɔ la ƒe Vi, eye Aƒetɔ Mawu la atsɔ fofoa Dawid ƒe fiazikpui la anae;


Esi wònye nyagblɔɖila, eye wonyae bena, Mawu do ŋugbe nɛ kple atamkaka bena, eƒe alimevia ɖe nanɔ eƒe fiazikpui dzi,


bena míato nu eve, siwo meɖɔlina o, esiwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o la me akpɔ dzideƒo sesẽ, mí amesiwo sii tso, bene míalé mɔkpɔkpɔ, si wotsɔ ɖo mía ŋku me la, ɖe asi sesĩe;


Israel ƒe ŋusẽtɔ mekaa aʋatso o, eye metrɔa nya o, elabena menye ame wònye, ne wòatrɔ nya o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa