Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 131:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid ƒe mɔzɔha. Yehowa, nye dzi mele dadam o, ŋku tusã mele tanye o, eye nyemezɔna le nu gã, siwo nye nuku nam la me o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 O! Yehowa, dada mele nye dzi me o, eye ŋku gã hã mele tanye o. Nyemetsɔa ɖeke le nya gãwo me loo, alo ƒoa ta ɖe nu siwo wɔ nuku nam akpa la me o,

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 131:1
26 Mawu Ofanana  

Ne meɖi gbɔ, eye medo yakame ɖokuinye ʋuu hã la, ɖe mebe, made bubu ɖokuinye ŋu le dɔlanyɔnu, siwo ŋu nèƒo nu le la ŋku me.


Ameka tsoa numanyamanya tsyɔa adaŋudede dzia? Eyata megblɔ nya, siwo gɔme nyemese o, kple nusiwo kɔ wum, eye nyemedze si wo o la.


Amesi lia ehavi ŋu le adza me la, matsrɔ̃e ɖa; amesi dadaŋku le ta nɛ, eye eƒe dzi vu gbloto la, mia kplii ƒe ŋɔlime meƒo go o.


Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.


Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o,


Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!


Nunya sia nye nuku nam akpa, ekɔ, nyemate ŋn anya ta le enu o.


Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.


Nyemegbe be, maganye lãkplɔvi le yowome o, eye ŋkeke vɔ̃e la medzrom o, wò ŋutɔ ènyae; nya, si do tso nye nuyi me la, nɔ nyanya na wò.


hafi wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o; elabena Yehowa be: Mahe dzɔgbevɔ̃e ava ŋutilãwo katã dzi; ke mana wò agbe nazu aboyonu na wò le teƒe, siwo katã nayi.


Ke Mose la wu amesiwo katã le anyigba dzi.


Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye míakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.


hele Aƒetɔ la subɔm kple tamebɔbɔɖeanyi katã kple aɖatsiwo kple tetekpɔ, siwo va dzinye le Yudatɔwo ƒe nugbeɖoɖowo me;


Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!


Midi nu ɖeka ma ke hena mia nɔewo; màgaɖi nu kɔkɔwo yome o, hafi mibɔbɔ mia ɖokui na ame bɔbɔɖeanyiwo boŋ.


ne megado eɖokui ɖe dzi ɖe nɔviawo ŋu, eye wòadze le se la ŋu ɖe ɖusi alo mia me o, ne eya kple viaŋutsuwo nanɔ zi la dzi eteƒe nadidi le Israel dome.


Miawoe nye ɖaseɖilawo kple Mawu hã, alesi mieno anyi kɔkɔe kple dzɔdzɔe kple mokaka manɔŋui le mi amesiwo xɔe se la gbɔ,


Tete Samuel tsɔ lãdzo, si me ami le, eye wòsi ami nɛ le nɔviawo dome. Eye Yehowa ƒe gbɔgbɔ va Dawid dzi tso gbemagbe dzi. Eye Samuel dze mo yi Rama.


Tete ɖekakpuiawo dometɔ ɖeka gblɔ bena: Kpo ɖa, mekpɔ Betlexemtɔ Isai ƒe viŋutsua ɖe, si nya saŋkuƒoƒo; enye kalẽtɔ, eye wònye aʋame, enya nuƒoƒo, eye wòdze ɖeka, eye Yehowa li kplii.


Eye Saul ɖo ame ɖo ɖe Isai bena: Na Dawid nanɔ gbɔnye, elabena eƒe nu nyo ŋunye!


Eye Dawid dzona le Saul gbɔ enuenu ɖakplɔa fofoa ƒe alẽwo le Betlexem.


Saul ƒe dɔlawo gblɔ nya siawo ɖe Dawid ƒe to me, eye Dawid gblɔ bena: Nu tsɛ wònye le mia ŋku me be, woazu fia ƒe toa? Ke nye la ame dahe menye, eye nyemele ɖeke me o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa