Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 130:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 O! Yehowa, ne àlé amewo ƒe nu vɔ̃wo ɖe agbalẽ me ada ɖi la, O! Aƒetɔ, ame ka ate ŋu anɔ te?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 130:3
14 Mawu Ofanana  

Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Ne mewɔ nuvɔ̃ la, èle ŋudzɔ nam hã, eye mètso nam le vodada me o.


Nuka nye amegbetɔ, be yeadza, kple nyɔnu tɔ dzidzia, be yeanye ame dzɔdzɔe?


Ne tanye dzɔ la, nye nu abu fɔm, eye ne nyemeɖi fɔ o hã la, abum bubui.


Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o.


Yakob ƒe Mawu, le wò bublu la nu luʋɔ dzo le aʋawɔtasiaɖamwo kple sɔwo siaa ta.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene, eye amesiame lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa na míaƒe vodadawo katã va eyama dzi.


Ameka ate ŋu anɔ te ɖe eƒe dziku nu, eye ameka ato ɖe eƒe dɔmedzoe heliheli nu? Etrɔ eƒe dziku ƒo ɖi abe dzo ene, eye agakpewo le wowom le eŋgɔ.


Amekae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye amekae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene; eye wole abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene.


Ɖo ŋku wò dɔlawo Abraham, Isak kple Yakob dzi, eye megaɖo ŋku dukɔ sia ƒe tamesesẽ, nuvlowɔwɔ kple nuvɔ̃ dzi o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa