6 Eye àkpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!
6 Ànɔ agbe akpɔ viwòwo ƒe viwo. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi.
Tete Israel gblɔ na Yosef bena: Nyemesusu be, magakpɔ wo ŋku me o, ke azɔ Mawu na mekpɔ viwò wo gɔ̃ hã.
Eye Yosef nɔ agbe tso Efrayim ƒe tɔgbuiyɔviwo ɖo, eye Maxir Manase vi hã dzi viwo le Yosef ƒe agbenɔɣi me.
Esia megbe Hiob ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple blane, eye wòkpɔ viawo kple eƒe tɔgbuiyɔviwo, dzidzime ene sɔŋ.
Ke amesiwo dze yi woƒe mɔ gɔglɔ̃wo dzi la, Yehowa akplɔ wo akpe ɖe nu vlo wɔlawo ŋu ayii. Ŋutifafa nenɔ Israel dzi!
Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matrɔ ŋutifafa ɖe eŋu abe tɔsisi ene kple dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eŋu abe tɔʋu, si gba go ene, be miano no, woatsɔ mi ɖe axada me, eye woalé mi ɖe akɔ dzaa.
bena wòɖe ye ŋuta Via ɖe go fia le menye, bene magblɔ eŋuti nyanyuie la afia le trɔ̃subɔlawo dome la, enumake mía kple ŋutilã kple ʋu míetia nya me o,