1 Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.
1 Woayra ame siwo vɔ̃a Yehowa, ame siwo zɔna le eƒe mɔwo dzi.
Elabena melé ŋku ɖe Yehowa ƒe mɔwo ŋu, eye nyemewɔ nu vloa ɖeke ɖe nye Mawu ŋu o.
Dawid tɔ. Luʋɔnye, kafu Yehowa, eye nusianu, si le menye la, mikafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la!
Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe mawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui.
Ke Yehowa ƒe amenuveve li tso mavɔ me yi mavɔ me na amesiwo vɔ̃nɛ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li na viwo ƒe viwo,
Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.
ayra amesiwo vaa Yehowa, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa.
Woayra amesiwo fɔɖiɖi mele woƒe azɔlime ŋu o, amesiwo zɔna le Yehowa ƒe se la me.
womewɔa nu vɔ̃ɖia ɖeke hã o, eye wozɔa eƒe mɔwo dzi.
Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xexe me, eye wòɖo tom.
Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama?
Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.
Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne
Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o,
Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.
Mɔzɔha. Esime Yehowa gaɖo Zion le la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene.
Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.
Amesiwo vɔ̃a Yehowa la, ƒe nu dzea eŋu, amesiwo le eƒe amenuveve lalam.
Eyata meɖe asi le wo ŋu ɖe woƒe dzimesesẽ la me, ne woazɔ ɖe woawo ŋutɔ ƒe aɖaŋuɖoɖo la nu.
Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.
Eye woa kple eve la katã wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me, eye wozɔna le Aƒetɔ la ƒe seawo kple eƒe ɖoɖoa wo katã nu mo makamakae.
Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.
Woayra wò le ɖu me, eye Woayra wò le agble me.
Azɔ mlɔeba la, nɔviwo, miele kuku ɖem, eye míele nu xlɔ̃m mi le Aƒetɔ Yesu me, bene abe alesi miexɔe tso mia gbɔ, alesi dze be, miazɔ, eye miadze Mawu ŋu, eye abe alesi miezɔna hã ene la, miayi dzi geɖe wu;