Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 127:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Kpɔ ɖa, ŋutsuviwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Viŋutsuwo nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye viwo nye fetu tso eya amea gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 127:3
22 Mawu Ofanana  

Eye Mawu yra wo, eye Mawu gblɔ na wo bena: Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Eye esi wòfɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia bena: Amekawo nye esiawo le ŋuwò mahã? Eɖo ŋu bena: Woawoe nye vi, siwo Mawu na wò dɔla!


Eye Adam ɖo kple srɔ̃a Xawa, eye wòfɔ fu dzi Kain, eye wògblɔ bena: Yehowa ɖi nam be, medzi ŋutsu.


gblɔ nam bena: Mana nadzi, eye wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi; mana nazu dukɔha, eye matsɔ anyigba sia ana megbewò viwo, be wòanye wo tɔ tegbee.


eye adelia nye Yitream, si nye Dawid srɔ̃ Egla tɔ. Amesiawo wodzi na Dawid le Xebron.


Etia vinye Salomo le vinyewo katã dome, elabena Yehowa na vi geɖem, ne woabɔbɔ nɔ Yehowa ƒe Israel-fiaɖuƒe la ƒe fiazikpui dzi.


Ulam viwo nye ŋutsu kalẽtɔwo kple aŋutrɔdalawo, eye ŋutsuvi geɖe kple tɔgbuiyɔviwo nɔ wo si; wole ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃. Amesiawo katã tso Benyamin viwo dome.


Wodzi ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi eta ne.


woƒe dawo tea ɖekakpuiwo, womekpɔa nublanui na fu nɔdɔmee o, eye woƒe ŋkuwò mevea ɖeviwo nu o.


Kpɔ ɖa, mía kple vi, siwo Yehowa tsɔ nam la, míenye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Zebaot, amesi le Zionto dzi la gbɔ.


Eye Yehowa ana wò kesinɔnuwo kple wò dɔmevi, wò lãwo ƒe viwo kple wò agblemenukuwo nasɔ gbɔ ɖe dzi le anyigba, si ŋu Yehowa ka atam ɖo na fofowòwo be, yeatsɔe na wò la dzi.


Woayra wò dɔmevi, wò agblemenukuwo, wò lãwo ƒe viwo, kpakple wò nyinɔwo kple wò alẽnɔwo.


Edzi ŋutsuvi blaetɔ̃, eye wòɖe srɔ̃ na vianyɔnu blaetɔ̃awo ɖe duta, eɖe nyɔnuvi blaetɔ̃ tso duta na viaŋutsuwo, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe adre.


Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa