Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 127:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Ne Yehowa metu xɔ o la, etulawo le agbagba dzem dzodzro. Ne Yehowa medzɔ du la ŋu o la, dzodzroe dua ŋu dzɔlawo le ŋudzɔ.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 127:1
35 Mawu Ofanana  

Ebu abe akpe etɔ̃, eye eƒe hakpakpawo le ha akpe ɖeka kple atɔ.


Eyata nyae be, Yehowa ɖa wò, be natu xɔ, si anye kɔkɔeƒe; lé dzi ɖe ƒo, eye na wɔe ade goe!


Eye Dawid gblɔ na via Salomo bena: Sẽ ŋu, eye lé dzi ɖe ƒo, eye na wòe aɖe goe; megavɔ̃ o, eye dzika megatso ƒowò o; elabena Yehowa Mawu, nye Mawu, li kpli wo, maɖe asi le ŋuwò o, eye magblẽ wò ɖi o, vaseɖe esime na wu Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔwo katã nu!


Eye na dzi blibo vinye Salomo, ne wòalé wò sewo, nufiafiawo kple ɖoɖowo me ɖe asi wòawɔ nuawo katã aɖe goe, eye woatu fiasã, si ŋu medzra nuawo ɖo ɖo la!


Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xexe me, eye wòɖo tom.


Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama?


Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.


Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne


Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o,


Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.


Mɔzɔha. Esime Yehowa gaɖo Zion le la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene.


Salomo tɔ. Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ na fia la kple wò dzɔdzɔenyenye na flavi la!


Eye wotu eƒe kɔkɔeƒe la abe dziŋgɔli ene, abe anyigba, si gɔme wóɖo anyi tegbee ene.


Amegbetɔ ƒe dzi susua eƒe mɔ ŋu; ke Yehowa ye fiaa mɔ eƒe afɔɖeɖe.


Eye megakpɔ le ɣea te be, duƒuƒu mele alo ɖablae me o, aʋawɔwɔ mele kalẽ me o, nuɖudukpɔkpɔ mele nunya me o, kesinɔnu mele ayedzedze me o, eye ŋudzedzekpɔbpɔ mele nugɔmesese me o, ke boŋ azãgbe kple nudiɖeame li na wo katã.


Dzɔla, siwo le tsatsam le dua me la, do gom. „Míekpɔ amesi nye luʋɔ lɔ̃na la oa?“


Dzɔla, siwo le tsatsam le dua me la do gom, woƒom de abi ŋunye; gli ŋu dzɔlawo ɖe taɖedzi le ŋunye.


Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.


Woƒe dzɔlawo katã nye ŋkuagbãtɔwo, womele si dzem naneke o; avũ aɖetututɔ, siwo mate ŋu aɖe gbe o la, wo katã wonye, womlɔ anyi le drɔ̃e kum, eye alɔ̃ le wo nu vivim.


Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi, amesiwo mazi ɖoɖoe ŋkeke blibo kple zã blibo o. Mi amesiwo ɖoa ŋku nu dzi na Yehowa, migagbɔ ɖe eme o!


Mitu aflaga ɖe Babel-gliwo dzi, mina dzɔlawo nasɔ gbã ɖe edzi, miɖo gbetakpɔlawo, eye miɖe amewo ɖo xa me; elabena Yehowa ɖo ta me, eye awɔ nusi wògblɔ ɖe Babeltɔwo ŋu la hã ade goe.


Duƒula yi ɖakpe duƒula, eye duxɔla yi ɖakpe duxɔla, ne woagblɔ na Babel-fia be, wòxɔ eƒe du la le goawo katã me,


Ke ne Kristo metsi tre o la, ekema miaƒe gbeƒãɖeɖe enye dzodzro, eye miaƒe xɔse hã enye dzodzro.


Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ.


Mele vɔvɔ̃m ɖe mia nu bena, misela medze agbagba dzodzro ɖe mia ta mahĩ?


ke boŋ ɖo ŋku Yehowa, wò Mawu la dzi, elabena eyae na ŋusẽ wò, be nakpɔ kesinɔnuwo, ne wòawɔ nusi wòbia kple fofowòwo la dzi, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Eye wogblɔ na Yerixo-fia bena: Kpɔ ɖa, ŋutsuwo tso Israel-viwo dome va afisia egbe zã, be woatsa ŋku le anyigba la dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa