Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 123:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Amesiwo li bɔkɔɔ ƒe alɔmeɖeɖe kple dadalawo ƒe vlododo ɖi ƒo na míaƒe luʋɔ ŋutɔŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Míetsɔ dadalawo ƒe alɔmeɖeɖe gbogboawo, eye míenɔ te ɖe ɖokuiŋudzelawo ƒe vlodoame gbogboawo nu eteƒe didi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 123:4
16 Mawu Ofanana  

Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe dɔla Tobiya kpakple Arabiatɔ Gesem wosee la, woɖu fewu heɖe alɔme le mia bu gblɔ bena: Nuka nye esi wɔm míele, ɖe miebe, yewoadze aglã ɖe fia ŋua?


Amesi le dedie buna be, yeado vlo dzɔgbevɔ̃e, eye yeatu nu amesi ƒe afɔ mele te dzi o la.


Nye hã mate ŋu aƒo nu abe miawo ene; ɖe wònye miawoe xa ɖe tenyeƒe la, anye ne matrɔ nyawo aƒo ɖe anyi ɖe mia ŋu, eye maʋuʋu ta ɖe mia ŋu;


Dadalawo le fewu ɖum le ŋunye vevie ŋutɔ, ke nyemete ɖe aga le wò se la ŋu o.


Mi amesiwo li bɔkɔɔ, dzidzi neƒo mi; mi ablɔɖewo, midzo nyanyanya! Miɖe ava ɖi, miɖe amama, eye misa akpanya ɖe ali!


Mi nyɔnu, siwo li bɔkɔɔ, mitso, ne miase nye gbe! Mi nyɔnuvi, siwo le ablɔɖe me, miƒu to anyi ɖe nye nyawo ŋu.


Moab li bɔkɔɔ tso eƒe ɖevime ke, eɖo ƒã ɖi kpoo, eye wometrɔe tso goe me ko ɖe goe bubu me o, eye meyi aboyo me o, eyata eƒe vivi gale eŋu, eye eƒe ʋeʋẽ metrɔ o.


Ɖe Israel mezu alɔmeɖenu na wò oa? Fiafiwo domee wolée le, hafi ne ènya ƒo nu le eŋu ko la, nènɔa ta ʋu ʋuma?


Míese Moab dadala ŋkɔ be, edoa eɖokui ɖe dzi ŋutɔ, eƒoa adegbe, edana, edzraa eɖokui, eye eƒe dzi doa eɖokui ɖe dzi.


Baba na mi amesiwo ɖe dzi ɖe anyi le Zion, kple mi amesiwo le Samaria-towo dzi bɔkɔɔ, mi dukɔwo ƒe ame veviwo dome ŋkutatɔwo, amesiwo gbɔ Israel ƒe aƒe la vana!


Ke Atenetɔwo katã kple amedzro, siwo le afima la, womekpɔa vovo na nu bubua ɖeke wɔwɔ o, negbe na nya yeye gbɔgblɔ alo esese ko.


Ke esi wose ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋutinya la, amea ɖewo ɖe alɔme ɖe eŋuti, eye ɖewo gblɔ bena: Míagase ŋutinya sia ɣebubuɣi.


Eye esi wòɖe eɖokui nu alea la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ bena: Ele tsu kum, Paulo, agbalẽsɔsrɔ̃ geɖe wɔ wò nèzu tsukuno!


ne wodo busu mi la, míeɖea kuku; míezu abe xexe sia me ƒe aɖukpodzinuwo ene, amewo katã ƒe gbeɖuɖɔ vaseɖe egbegbe sia.


Eye Filistitɔ la fɔ kɔ dzi kpɔ Dawid, eye wòdo vloe, elabena ɖevi ko wònye, ebia, eye wòdze ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa