Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 123:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ve mía nu, Yehowa, ve mía nu, elabena vlododo ɖi ƒo na mí ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 O! Yehowa, kpɔ nublanui na mí, O! Kpɔ míaƒe nublanui, elabena míenɔ te ɖe vlododo nu eteƒe didi.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 123:3
17 Mawu Ofanana  

Esi Yehowa ƒe aɖaka la va Dawid ƒe dua me la, Saul vinyɔnu Mixal le fesre nu kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye woɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.


ne woagblɔ nɛ bena: Ale Xizkiya gblɔ esi: Egbe enye xaxa-, tohehe-kple vlodogbe; elabena viwo ɖo dzidzi me, gake ŋusẽ meli, ne wòadzi wo o.


Nye aƒemetɔwo kple nye dɔlanyɔnuwo le buyem amedzroe, eye mezu ame tutɔ le woƒe ŋku me.


Dawid ƒe ha na kasaŋkutɔwo ƒe henɔ.


Megagblẽ nu o! Dawid ƒe ha ɖe futamee na henɔ la, le esime wòsi le Saul nu yi agado la me.


Amegbetɔwo do vloe, eye wogbee, ŋutsu kpehiã kple amesi dzi dɔléle le la wònye, wodo vloe abe amesi ta wotsyɔ nu ŋku me ɖo la ene, eye míebui ɖe naneke me o.


neɖo to me anyi na amesi le eƒom, eye netsɔ ŋukpe ɖi ƒoe.


Nyemena nagase dukɔwo ƒe vlodoame azɔ o, màgatso dukɔwo ƒe ŋukpedoame azɔ o, eye màgaɖe vi le wò dukɔ ŋu azɔ o, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Eyata gblɔ nya ɖi ɖe Israel-nyigba ŋu, eye nagblɔ ma towo kple togbɛwo, balimewo kple gbadzaƒewo bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, meƒo nu le nye ŋuʋaʋã kple nye dziku me bena: Esi mietsɔ dukɔwo ƒe ŋukpedoame la,


Eye farisitɔwo, siwo nye galɔ̃lawo la, se nusiawo katã, eye woɖo hehe ɖe eta.


Eye ameha la le tsi tre le nu kpɔm ɖa. Eye dumegãwo hã ɖo hehe ɖe eta gblɔ bena: Eɖe ame bubuwo, neɖe ye ŋutɔ ɖokui hã, ne esia nye Kristo, Mawu ƒe ame tiatia la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa