Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 123:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Mewu mo dzi na wò, wò ame si ƒe fiazikpui le dziƒo.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 123:1
25 Mawu Ofanana  

Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nɔwòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsoe ke.


Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me, Yehowa, amesi ƒe fiazikpui le dziƒo la, ƒe ŋkuwo le ekpɔm, eƒe aɖabawo doa amegbetɔviwo kpɔna.


Mía Mawu le dziƒo, nusianu, si dze eŋu la, wòwɔna.


Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xexe me, eye wòɖo tom.


Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama?


Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.


Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o,


Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.


Mɔzɔha. Esime Yehowa gaɖo Zion le la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene.


Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.


Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.


Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,


Mɔzɔha. Yehowa, globoƒe mete yɔwòm tso!


Dawid ƒe mɔzɔha. Yehowa, nye dzi mele dadam o, ŋku tusã mele tanye o, eye nyemezɔna le nu gã, siwo nye nuku nam la me o.


Mɔzɔha. Yehowa, ɖo ŋu Dawid ƒe dagbadagbawo katã;


Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!


Mɔzɔha. Mikafu Yehowa, mi Yehowa ƒe dɔlawo katã, mi amesiwo tsia tre ɖe Yehowa ƒe me le zãwo me!


Elabena wò Yehowa, Aƒetɔ la, wò dzi ko metsɔ ŋku ɖoe, gbɔwò mebe ɖo, megaƒo nye agbe ɖe anyi o!


Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu.


Nye ŋkuwo li de Yehowa dzi daa, elabena eya aɖe nye afɔ le ɖɔ me.


Elabena ale ame gã, si ɖo kpo, eli tegbee, eye eƒe ŋkɔ nye kɔkɔe la, gblɔ esi: Mele dzi kple kɔkɔeƒe la, mele amesi wogbã gudugudu, kple amesi ƒe gbɔgbɔ wobɔbɔ de anyi la gbɔ, ne magbɔ agbe amesiwo wobɔbɔ ɖe anyi la ƒe gbɔgbɔ, eye magbɔ agbe amesiwo wogbã gudugudu la ƒe dzi.


Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?


Eyata miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!


Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa