9 Le Yehowa, mía Mawu ƒe aƒe la ta madi wò nyui.
9 Le Yehowa, míaƒe Mawu la ƒe aƒe la ta, madi dzidzedze na wò.
Eye esi wònye ɖe mekpɔ dzidzɔ le nye Mawu ƒe aƒea ŋu ta la, mena nye ŋutɔ nye sika kple klosalo, siwo metu ɖo la, ɖe nye Mawu ƒe aƒe la ŋu kpe ɖe nusiwo katã medzra ɖo ɖe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la ŋuti la ŋu:
Nye Mawu, ɖo ŋui nam, eye megana nye lɔlɔ̃dɔ, si mewɔ ɖe nye Mawu ƒe aƒe kple eƒe subɔsubɔhawo ŋu la nu natsi o!
Ke esi Xoronitɔ Sanebalat kple Amonitɔwo ƒe ɖɔla Tobiya wosee la, dzi ku wo vevie ŋutɔ be, amea ɖe va nyui di ge na Israel-viwo.
Elabena Yudatɔ Mardoxai enye evelia kplɔ fia Axasweros ɖo, exɔ ŋkɔ le Yudatɔwo dome, eye nɔvia gbogboawo lɔ̃ eƒe nya; edi nyui na eƒe dukɔ, eye wòƒo nu na edeviwo katã ƒe nyonyo.
Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe kple teƒe, si wò bubu le.
Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo.
Mawu, mía akpoxɔnu, kpɔ nu, eye nalé ŋku ɖe wò amesiamina la ƒe mo!
Tete eye nusrɔ̃lawo ɖo ŋku nya, si woŋlɔ ɖi la dzi bena: „Wò aƒe ŋuti ŋuʋaʋã la mim.“