Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 122:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Gama ƒomeawo, Yehowa ƒe ƒomeawo yina, ne woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, nusi nye se na Israel.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Afi ma to vovovoawo yina, Yehowa ƒe toawo, be woakafu Yehowa, le ɖoɖo si wòna Israel nu.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 122:4
16 Mawu Ofanana  

Mitsɔ akpedada ge ɖe eƒe agbowo me kple kafukafuha ge ɖe eƒe xɔxɔnuwo, mida akpe nɛ, eye mikafu eƒe ŋkɔ!


Miʋu dzɔdzɔenyenyegbowo nam, ne mage ɖe eme ada akpe na Yehowa.


Elabena Yehowa fia Zion, eye wòdi be, wòanye nɔƒe na ye.


ke boŋ etia Yuda-to la, Zion-to, si wòlɔ̃na.


Esime wòho de Egipte-nyigba ŋu la, etsɔe wɔ see na Yosef. Gbe, si nyemenya o la, di mese be:


Eye Aron tsɔe dzra ɖo ɖe seawo gbɔ, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


Wò ŋutsuwo katã nava wò Aƒetɔ Yehowa ƒe ŋku me zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me.


Eye Mose trɔ heɖi tso to la dzi, eye kpe eve, siwo dzi woŋlɔ seawo ɖo la, le esi; woŋlɔ nu ɖe kpeawo ƒe axawo kple eve.


ekema mitsɔ nusiwo katã ŋu mede se na mi le egbea, siwo nye miaƒe numevɔsawo kple akpedavɔsawo, miaƒe nuwo ƒe ewolia kple adzɔ, si miaƒe asiwò na, kpakple nusiwo katã miena le mia ɖokui si heɖe adzɔgbe na Yehowa la, va teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia, be yeƒe ŋkɔ nanɔ,


ke boŋ teƒe, si Yehowa, mia Mawu, atia tso miaƒe towo dome, bena yeƒe ŋkɔ nanɔ alima la, teƒe ma yome mɔ miadi, eye afima miayi;


Wò ŋutsuwo katã nava Yehowa, wò Mawu ƒe ŋku mezi etɔ̃ le ƒe ɖeka me le teƒe, si wòatia, le nu maʋamaʋã ŋkekenyuie, kwasiɖawo ƒe ŋkekenyuie kple agbadɔŋkekenyuie la dzi, eye womava Yehowa ŋku me asi gbɔlo o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa