Tsã esi Saul nye fia ɖe Israel nu la, wòe kplɔa Israel ɖoa goe, eye negakplɔnɛ gbɔnɛ, eye Yehowa gblɔ na wò bena: Wòe anyi nye dukɔ Israel, eye nanye amegã ɖe Israel nu!
Tete mede gbe ƒã le Ahawatɔsisi la nu be, woatsi nu adɔ, ne míabɔbɔ mía ɖokui ɖe anyi le mía Mawu ŋku me, eye míabia afɔ nyui tsɔtsɔ tso esi na mía ŋutɔwo, mía viwo kple míaƒe kesinɔnuwo katã.
Tete míedze mɔ tso Ahawatɔsisi la nu le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wuievelia dzi, be míayi Yerusalem. Eye mía Mawu ƒe asi le mía dzi wòɖe mi tso futɔwo kple mɔ dzi xadelawo si me.