4 Kpɔ ɖa, Israel-ŋudzɔla medɔa akɔlɔ̃e, eye medɔa alɔ̃ hã o.
4 Vavã, eya ame si dzɔa Israel ŋu la, madɔ akɔlɔ̃e loo, alo adɔ alɔ̃ o.
Eye wòva me le ɣeɖota be, Eliya ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: Miɖo ɣli sesĩe ko, elabena mawue, ɖewohĩ ele ŋugble dem, eɖe kpɔ, alo eyi nugbe, alo ele alɔ dɔm, ne wòanya.
Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.
Dawid tɔ. Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?
Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —
Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.
Eyata wole Mawu ƒe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔnɛ zã kple keli le eƒe xɔ la me, eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi la, anɔ wo dome.