3 Mana ke naɖe le wò afɔ te o; ŋuwòdzɔla medɔa akɔlɔ̃e o.
3 Mana wò afɔ naɖiɖi o, eya ame si dzɔa ŋuwò la madɔ akɔlɔ̃e o.
Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.
Woayra amesi léa fɔ ɖe hiãtɔ ŋu! Yehowa aɖee le dzɔgbevɔ̃eɣi.
Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔtawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.
Eya, amesi le míaƒe luʋɔ de agbe, eye meɖe ke le míaƒe afɔ te o.
Asi me woakɔ wò ɖo, ne màgatsɔ wò afa axlã ɖe kpea ɖeke o.
ne wòakpɔ nu dzɔdzɔe ƒe toƒe ta, eye wòadzɔ eƒe mawumememe ƒemɔ ŋuyi.
Ekema ale wò mɔ atsɔ dedie, eye wò afɔ makli naneke o.
Elabena Yehowa ye nye wò ŋuɖoɖeŋutɔ, eye wòakpɔ wò afɔ dzi tso mɔ̃ me.
Nye Yehowa manye eŋu dzɔla, eye made tsii ɣesiaɣi, be naneke magawɔe o; madzɔ eŋu zã kple keli.
amesiwo ŋu wodzo le Mawu ƒe ŋusẽ me to xɔse me hena xoxo, si su te, bene woaɖee afia le ɣeyiɣi mamletɔ dzi,
Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.