2 Nye xɔname atso Yehowa, dzikple anyigbawɔla gbɔ.
2 Nye xɔname atso Yehowa, ame si wɔ dziƒo kple anyigba la gbɔ.
Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.
Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ame yayrawo mienye.
Míaƒe xɔname le Yehowa, dzikple anyigbawɔla, ƒe ŋkɔ me.
Korax-viwo ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe ɖetugbiwo ƒe gbe nu.
Elabena nye Yehowa, wò Mawu, amesi le gbɔgblɔm na wò be, megavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.
Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye
Israel, wò gbegblẽ wònye, be nètso de nye, wò xɔnametɔ ŋu.
Ale bena míatsɔ dzideƒo agble be; „Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?“