1 Mɔzɔha. Meyɔ Yehowa le nye xexe me, eye wòɖo tom.
1 Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam.
Yehowa, se nye gbedodoɖa, eye nye ɣli nede gbɔwò!
Tete woɖo ɣli na Yehowa le woƒe hiã me, eye wòɖe wo tso woƒe xaxa me.
Meyɔ Yehowa le xaxa me, Yehowa tɔ nam hetsɔm ɖo teƒe keke.
Mɔzɔha. Mewu mo dzi ɖe toawo ŋu, afika xɔname atso ava nama?
Dawid ƒe mɔzɔha. Dzi dzɔm, esime wogblɔ nam be: Mina míayi Yehowa ƒe me.
Mɔzɔha. Wò amesi bɔbɔ nɔ dziƒo, wòe mefu mo dzi ne
Dawid ƒe mɔzɔha. Israel negblɔ be: Ɖe menye Yehowa ye le mía dzi o,
Mɔzɔha. Amesiwo ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, le abe Zion-to, si meʋana o, eye wòli tegbee la ene.
Mɔzɔha. Esime Yehowa gaɖo Zion le la, míezu abe drɔ̃ekulawo ene.
Salomo ƒe mɔzɔha. Ne Yehowa metu xɔ o la, dzodzroa etulawo le agbagba dzem le eŋu; ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.
Mɔzɔha. Woayra amesi vɔ̃a Yehowa, eye wòzɔa eƒe mɔwo dzi la.
Mɔzɔha. Israel negblɔ be: Woxaxam ɖo zi geɖe tso nye ɖekakpui me,
Mɔzɔha. Yehowa, globoƒe mete yɔwòm tso!
Dawid ƒe mɔzɔha. Yehowa, nye dzi mele dadam o, ŋku tusã mele tanye o, eye nyemezɔna le nu gã, siwo nye nuku nam la me o.
Mɔzɔha. Yehowa, ɖo ŋu Dawid ƒe dagbadagbawo katã;
Dawid ƒe mɔzɔha. Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!
Mɔzɔha. Mikafu Yehowa, mi Yehowa ƒe dɔlawo katã, mi amesiwo tsia tre ɖe Yehowa ƒe me le zãwo me!
Tsiẽƒe ƒe kawo ƒo xlãm, eye ku ƒe adoboliwo va di kpem.
Yɔm le xaxagbe la, ekema maɖe wò, eye nade bubu ŋunye!
Amesi tso akpedada sa vɔe la, ede bubu ŋunye; eye amesi lé ŋku ɖe eƒe zɔzɔme ŋu la, mana wòakpɔ Mawu ƒe xɔname!
Tete Yona do gbe ɖa na Yehowa, eƒe Mawu la, le lã la ƒe dɔ me
gblɔ bena, Meyɔ Yehowa le nye xaxa me, eye wòtɔ nam; medo ɣli tso tsieƒe ƒe ƒodo me, eye nèse nye gbe.
Eye le eƒe ʋiʋli me la edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.
Amesi tso gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nono ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti;
Esi ƒe trɔ la, Xana fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Samuel, elabena egblɔ be: Yehowa si me mebiae le.
Ɖevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam.