Amea ɖeke meli, si biaa dzɔdzɔenyenye ta sena o, eye ame ɖeke medrɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe o, woɖoa ŋu ɖe nu dzodzroa ŋu, eye wodaa alakpa, wofɔa hiãkame ƒe fu hetsɔa dzɔgbevɔ̃e dzina.
Elabena nɔviwòwo kple tofowò ƒemetɔwo hã trɔ le yowòme, woawo hã le ɣli dom ɖe yowòme sesĩe, megaɖo dzi ɖewo ŋu o, nenye be, wole nya ŋɔŋɔe gblɔm na wò hã.
Ƒo nu gblɔ bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Egipte-fia Farao, mele ƒoƒo ge ɖe dziwò, wò lo gã, si tsyɔ akɔ ɖe Nil-tɔsisi titina hele gbɔgblɔm be: „Tɔnyee nye tɔsisi la, eye nyee wɔe.“
Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.
Amesiawo nye liʋiliʋililawo, amesiwo ŋu naneke medzena o, evɔ wozɔna le woƒe nudzodzrowo nu hafi, woƒe nu gblɔa dadalawo, eye wokafua ame le eƒe ŋku me le viɖe ta.