21 Meda akpe na wò, be nèɖo tom, eye nènye xɔnametɔ nam.
21 Mada akpe na wò, elabena èɖo tom, eye nèzu nye xɔname.
Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo.
Nye ŋusẽ kple nye ha enye Yehowa, eye wònye nye xɔname.
Nye ŋusẽ kple kafukafuha enye Yehowa, elabe eya gbɔ ɖeɖe tso va nam. Nye Mawue, eyata makafui, fofonye ƒe Mawue, eyata madoe ɖe dzi!
Kpɔ ɖa, Mawu enye nye xɔname, dzi le ƒonye, nyemavɔ̃ o; elabena nye ŋusẽ kple nye hadzidzi enye Yehowa, ẽ, Yehowa, eye eya zu nye xɔname!
Ale Yehowa gblɔ esi: Mase wò gbe le amenuveɣi, eye maxɔ na wò te xɔnamegbe, makpɔ tawo, eye matsɔ wò aɖo nubabla na dukɔ la, ne naɖo anyigba la te, eye namã domenyinu, si zu gbegbe la;