Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 115:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Menye míawo o, Yehowa, menye míawo ŋu nade bubui o, ke boŋ wò ŋkɔ la ŋue le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Menye míawoe o, o Yehowa, menye míawoe o, ke boŋ ŋutikɔkɔe la nye wò ŋkɔ tɔ, le wò lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ta.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 115:1
17 Mawu Ofanana  

Made ta agu ɖe wò gbeɖoxɔ kɔkɔe la ŋgɔ, eye makafu wò ŋkɔ le wò amenuveve kple wò nyateƒe la ta, elabena èna wò ŋugbedodo kɔ gbɔ wò ŋkɔwo katã ta.


Tsɔ ŋkekewo kpe fia la ƒe ŋkekewo, eye eƒe ƒewo netso dzidzime yi dzidzime!


Mawu, tso, nawɔ wò aʋa! Ɖo ŋu alɔme, si bometsilawo le ɖeɖem le ŋuwò atraɖi la!


Mitsɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe bubu nɛ, miɖo vɔsanuwo asi va eƒe xɔxɔnuwoe!


Le tanye, le tanye mawɔe, elabena aleke womehegblẽ kɔ ɖo na nye ŋkɔe o! Nyematsɔ nye bubu na ame tutɔa ɖeke o.


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae.


Aƒetɔ Yehowa be: Menye mia tae mele ewɔm ɖo o, minyae loo! Israel ƒe aƒe, ŋu nekpe mi, eye miaƒe mo netsi dã le miaƒe zɔzɔme ta!


Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.


Àwɔ nuteƒe na Yakob, eye àve Abraham nu, abe alesi nèka atam na mía fofowo tso blema ŋɔli ke ene.


Elabena wona se la to Mose dzi; amenuveve kple nyateƒe va to Yesu Kristo dzi.


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


Eye ne Kanaanitɔwo kple anyigbadzitɔwo katã see la, ekema woava kpe ta ɖe mía ŋu, eye woatsrɔ̃ míaƒe ŋkɔ ɖa le anyigba dzi; emegbe ɖe, aleke nawɔ ɖe wò ŋkɔ gã la ta?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa