Esi meɖe wò le ke me, eye metsɔ wò ɖo fia ɖe nye dukɔ Israel nu, gake nèto Yerobeam ƒe ʋe me, eve nèble nye dukɔ Israel ɖe nuvɔ̃ me, be wotsɔ woƒe nuvɔ̃wo do dziku nam la,
Eye gbemetiwo katã adze sii be, nye Yehowa ye bɔbɔ ati kɔkɔ la ɖe anyi, eye mekɔ ati tehee la ɖe dzi; nyee na ati mumu la ku, eye ati kuku la dze, nye Yehowa ye ƒo nu, eye mewɔe hã.
Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, miɖo to: Ɖe menye Mawue ɖia xexeame ame dahewo, be woanye kesinɔtɔwo le xɔse me kple fiaɖuƒe, si ŋugbe wòdo na amesiwo lɔ̃nɛ la, ƒe domenyilawo o mahã?