4 Yehowa ɖo kpo ɖe dukɔwo katã dzi, eƒe ŋutikɔkɔe ɖo kpo ɖe dziƒo dzi.
4 Yehowa nye gã ɖe dukɔwo katã dzi, eye eƒe ŋutikɔkɔe gbɔ dziƒowo ta.
Ke nyateƒee, Mawu anɔ anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒo kple dziƒo ƒe dziƒowo melolo na wò o, ʋuu keke xɔ sia, si metu o.
Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ, elabena eƒe ŋkɔ ɖeɖekoe ɖo kpo, eye eƒe gãnyenye xɔ anyigba dzi kple dziƒo.
Dawid ƒe ha na henɔ la, ne woadzi ɖe Gatitɔwo tɔ nu.
Elabena wò Yehowa, ènye tatɔ le anyigba blibo la dzi, edo kpo ŋutɔ ɖe mawuwo katã dzi.
Yehowa lolo le Zion, eye wòɖo kpo de dukɔwo katã dzi.
Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene; kpɔ ɖa, edo ƒukpowo abe kekui ko ene!
Dukɔwo katã mele ɖeke me le eŋku me o, ebu wo abe nu maɖinui kple tofloko ene.
Eya, amesi le xexeame godoo ta me, eye eme nɔlawo le dzedzem abe ʋetsuviwo ene; eya, amesi he dziƒo me abe avɔ beli ene, eye wòkekee abe agbadɔ ene, be yeanɔ eme;
Ale Yehowa gblɔ esi: Dziƒo enye nye fiazikpui, eye anyigba enye nye afɔɖodzinu. Xɔ ka ƒomevie miehe, yewoatu nam, eye teƒe ka anye nye gbɔɖemeƒe?