Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 112:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Enaa nu ame dahewo fũ, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye eƒe dzo ade dzi le bubu me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ema eƒe kesinɔnuwo na ame dahewo fũu, eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee, eye woakɔ eƒe dzo ɖe dzi bobobo le bubu me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 112:9
39 Mawu Ofanana  

Gãnyenye kple atsyɔ̃ nye eƒe nuwɔwɔ, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.


Nu geɖe kple kesinɔnu le eƒe me, eye eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.


Ke nye la matsɔe aɖe gbe ƒãe tegbee, eye madzi kafukafuha na Yakob ƒe Mawu la.


Elabena kpɔ da, wò futɔwo, kpɔ ɖa, wò futɔwo atsrɔ̃, eye nu vlo wɔlawo katã aka ahlẽ!


Ke ãkɔ nyea nye dzo ɖe dzi abe akpãgba tɔ ene, eye woakɔ ami yeye ɖe dzinye.


Nunyalawo ƒe kesinɔnu enye fiakuku; ke bometsilawo ƒe bometsitsi la, bometsitsi ko wònye.


Amesi ve ame dahe nu la, edo nugbana na Yehowa, eye wòaɖo eƒe nuwɔwɔ teƒe nɛ.


Wole nu dim gbawotsyogbe; ke ame dzɔdzɔe la naa nu, eye metea ame o.


Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.


nuɖiɣi li, eye nubuɣi li; nudzraɖoɣi li, eye nuƒugbeɣi li;


Ke tamesusu vavãwo li na bubumewo, eye nu vavãwo dzi wolina ɖo.


ne ètsɔ wò abolo na dɔwuitɔ, eye nèɖi ƒo na amesi wole ɖe anyi la, ekema wò kekeli aklẽ le viviti me, eye wò tsizi anɔ abe ŋdɔkutsu dzatsɛ ene,


naka wò abolo na dɔwuitɔ, eye nakplɔ ame dahe, siwo le tsaglãla tsam la, ayi aƒewò mee, ne èkpɔ amea ɖe amama la, nata avɔ ne, eye màgaɣla ɖokuiwò ɖe wò ŋutɔ wò ŋutilã o.


bena wò nunana nanɔ ɣaɣlaƒe, eye Fofowò, si le nu kpɔmle ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣesiaɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.


Gake mietsɔ nusiwo le eme la, wɔ nunana na ame dahewo, eye kpɔ ɖa, nuwo katã le dzadze na mi.


Midzra nusi le mia si, eye mina nu ame dahewo; miwɔ kotoku, siwo medo xoxo o la, na mia ɖokui, nu nyui, siwo nu metsina o la, ɖe dziƒo, afisi fiafitɔ megogo o, eye agbagblaʋui hã megblẽa nu le o.


Eye nye hã mele egblɔm na mi bena: Mitso anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui bena, ne wo nu tsi la, woaxɔ mi ɖe agbadɔ mavɔwo me.


Eye esi Yesu see la, egblɔ ne bena: Egasusɔ nu ɖeka na wò; dzra nusiwo katã le asiwò la, eye namã wo na ame dahewo, eye nu nyui anɔ dziƒo na wò; eye nava adze yonyeme.


Elabena ɖewo bu xa bena, esi gakotoku la le Yuda si la, eyata Yesu gblɔ nɛ bena: Ele nusiwo miehiã la, hena ŋkekenyuie la ɖuɖu, alo bena netsɔ nane na ame dahewo mahĩ.


Le nuwo katã me metia mi bena, ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be miaɖo ŋku Aƒetɔ Yesu ƒe nya, siwo eya ŋutɔ gblɔ la dzi bena: „Nana enye yayra wu xɔxɔ.“


eye wotsɔe ɖa ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.


Mikpe ɖe ame kɔkɔewo ƒe hiãtuame ŋuti, minɔ amedzrowɔwɔ dzi!


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Elabena ame dahe magbe wò anyigba dzi nono o, eyata mede se na wò gblɔ bena: Ʋu wò asi na nɔviwò, si hiã tui, eye wòɖo ko le wò anyigba dzi la.


ke boŋ natsɔ wò alé, wò bli kple wò wein, siwo me Yehowa wò Mawu yra wò le la, ado agba, nɛ.


Ke boŋ, ne ɣe ɖo to la, nagbugbɔ awɔbanu la nɛ, bena woate ŋu akpɔ avɔ atsyɔ amlɔ anyii, eye Woayra wò, eye wòatrɔ zu dzɔdzɔenyenye na wò le Yehowa, wò Mawu, ŋku me.


bene woawɔ dɔmenyo, eye woanye kesinɔtɔwo le nu nyui wɔwɔ me, woalɔ̃ nunana ame, woalɔ̃ hadede,


Ke migaŋlɔ dɔmenyowɔwɔ kple hamenunana be o; elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu.


Elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lalã, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta, le esime miesubɔ ame kɔkɔewo, eye miegale edzi le wo subɔm lã be o.


Amesi ke wɔa vɔ̃ la, neno vɔ̃wɔwɔ dzi ko, eye amesi ke nye ɖime la, nenɔ ɖinuwɔwɔ la dzi ko; eye amesi ke nye ame dzɔdzɔe la, nena nu dzɔdzɔe wɔwɔ la dzi ko, eye amesi ke le kɔkɔe la, nenɔ kɔkɔenyenye la dzi ko.


Eye Xana do gbe ɖa gblɔ bena: Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me, eye nye dzo do lɔƒuu le Yehowa me, nye nu ké baa ɖe nye futɔwo ŋu, elabena wò ɖeɖe ladzɔ dzi nam!


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa