Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 110:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Yehowa ado wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ da tso Zion be: Ɖu fia le wo futɔwo titina!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Yehowa adidi wò ŋusẽ ƒe fiatikplɔ ɖe edzi tso Zion, eye àɖu fia le wò futɔwo dome.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 110:2
20 Mawu Ofanana  

Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso tɔsisi la nu ɖaseɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke.


Tete Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron bena: Tsɔ wò atikplɔ, eye nado wò asi ɖe Egiptetɔwo ƒe tsiwo dzi, ɖe woƒe tɔsisiwo, tɔʋuwo, tawo kple tsiteƒewo katã dzi, bena woatrɔ zu ʋu, eye ʋu nanɔ Egipte-nyigba blibo la katã dzi le goewo kple zewo me.


Mose ɖo ŋu na Farao bena: Ele asiwò me! Ɣekaɣie maɖe kuku la ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple wò dukɔ la ta, bena akpɔkplɔawo nadzo le ŋuwo kple aƒewò me, eye woasusɔ ɖe Nil ko me?


Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mawo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo. Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Mi eƒe aƒelikawo katã kple amesiwo katã nya eƒe ŋkɔ la, mifa nɛ! Migblɔ be: Aleke ati tɔɖeŋu sesẽ la, atikplɔ nyo la ŋe?


Eye dzo do tso eƒe alɔwo ƒe zekpẽ me hefiã eƒe tsetsewo, eye alɔ gãa ɖeke megale eŋu ahanye dziɖula ƒe fiatikplɔ o. Konyifaha wònye, eye wòzu konyifaha.


Eye wòkplɔm gbugbɔ yi xɔ la nu, eye kpɔ ɖa, tsi le dzidzim le xɔ la ƒe kpui te ɖo ta ɣedzeƒe gome; elabena xɔ la trɔ ŋgɔ dze ɣedzeƒe gome; eye tsi la si to xɔ la ƒe ɖusikpa dzi ɖo ta vɔsamlekpui la ƒe dzigbe gome.


Eye ɖukɔ geɖewo atso agblɔ bena: „Mina míayi Yehowaƒe to la kple Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia eƒe mɔwo mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!“ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.


Tsɔ wò atikplɔ kplɔ wò dukɔ, wò ŋutɔ wò lãha, siwo ɖe ɖe aga le ave me le Karmel dzi; woaɖu gbe le Basan kple Gilead abe blema ene.


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


Eye le esia ta míawo hã miedaa akpe na Mawu ɖaa bena, esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.


Eye wòɖee fia amesiawo bena, menye woa ŋutɔwo ɖokui wosubɔ o, ke boŋ miawo wosubɔ le nusiawo me, nusiwo wogblɔ fia mí azɔ to amesiwo gblɔ nyanyuie fia mi la dzi to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si woɖo ɖa tso dziƒo la me, nusiwo me kpɔkpɔ dzro mawudɔlawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa