Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 11:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena ame vɔ̃ɖiwo vu da me, wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo daka dzi, be yewoate amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la, le blukɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Elabena kpɔ ɖa, ame vɔ̃ɖiwo he woƒe da me; wotsɔ woƒe aŋutrɔwo ɖo datikawo ŋuti be woada ame siwo dza le woƒe dzi me la le blukɔ me.

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 11:2
18 Mawu Ofanana  

Ame vɔ̃ɖiwo ƒe dada doa dzikatsoƒoe na hiãtɔwo; woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe aye, si woɖo la, ale woe.


Yehowa, wɔ nyuie na ame nyuiwo kple dzime dzɔdzɔe tɔwo.


Metrɔa nye nuxaxa kɔna ɖe eŋku me, eye meɖea nye hiãwo fiana le eŋku me.


Elabena wobe, yewoahe gbegblẽ ava dziwò; woɖo tame vɔ̃, gake womete ŋu wɔe o.


Míkpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye mitso aseye, mi ame dzɔdzɔewo! Migli kple dzidzɔ, mi amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka!


Ame vɔ̃ɖiwo di yi, eye wova woƒe da me, ne woaxlã hiãtɔwo kple ame dahewo ɖe anyi, eye woawu amesiwo ƒe zɔzɔme to mɔ ɖeka la.


Tete vɔvɔ̃ aɖo amewo katã, woaɖe gbe ƒã Mɔwu ƒe nuwɔwɔ, eye woadze si eƒe nuwɔwɔ.


Na ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu natso, eye nali ke ame dzɔdzɔe la; elabena wò, Mawu dzɔdzɔe la, édzroa dziwo kple ayikuwo me kpɔna.


Mawu enye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe kple Mawu, si dzi kuna daa.


Elabena ʋɔnuɖɔɖrɔ̃ agatrɔ ɖe dzɔdzɔenyenye nu, eye amesiwo katã ƒe dzi to mɔ ɖeka la, aku ɖe eŋu.


Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka la.


Amesiame nekpɔ eɖokui dzi nyuie le ehavi ŋu, eye megaɖo ŋu ɖe nɔvia ɖeke ŋu o; elabena nɔvi sia nɔvi enye ayetɔ, eye xɔlɔ̃ sia xɔlɔ̃ enye ame gɔmezɔla.


eye wode adaŋu bena, yewoalé Yesu le adaŋu me, eye yewoawui.


Tete Saul gblɔ bena: Matsɔe nɛ, ne wòatrɔ zu mɔ nɛ, eye Filistitɔwo ƒe asi natui! Eye Saul gblɔ na Dawid bena: Xɔ evelia, ne nanye nye to egbe!


Esi Dawid dze sii be, Saul ɖo vɔ̃ ɖe ye ŋu le adza me la, egblɔ na nunɔla Abyatar bena: Tsɔ kɔmewu la vɛ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa