Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Psalmowo 11:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Dawid tɔ na henɔ la. Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be: Misi yi miaƒe towo dzi abe xevi ene?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Yehowae mesi tso. Aleke miele gbɔgblɔm nam be, “Dzo abe xevi ene nàyi ɖe wò to dzi?

Onani mutuwo Koperani




Psalmowo 11:1
21 Mawu Ofanana  

Tete Yehowa si Kusiviwo le Asa kple Yuda ŋgɔ, ale be Kusitɔwo si.


Alo ɖe Kusitɔwo kple Lubitɔwo menye aʋakɔ gãa ɖe hekpe ɖe tasiaɖamwo kple sɔdolawo ŋu kpaŋkpaŋ oa? Ke esi nède me Yehowa la, ɖe nyemetsɔ wo de asi na wò oa?


Tete meɖo ŋu bena: Ame abe nyee ene nana? Nyemayi gbedoxɔ me, be matsi agbea? Nyemele eme yi ge o.


Dawid ƒe ha ɖe futamee la. Mawu dzram ɖo, elabena wòe mesi tso!


Nye Mawu, wò ŋu mele ŋu dom ɖo; megana ŋu nakpem, ne nye futɔwo natso aseye ɖe ŋunye o!


Elabena mese ame geɖewo ƒe dalidodo be: „Ŋɔdzi nede to ɖee!“ Wode adaŋu kple wo nɔewo de ŋunye be, yewoaɖe nye agbe ɖa.


Mawu ana be, makafu nya la, Yehowa ana be, makafu nya la.


Dawid ƒe konyifaha, si wodzi na Yehowa, le Benyamintɔ Kus ƒe nyawo ta.


Yehowa, nye Mawu, mesi wò tso, xam tso yonyemetilawo katã si me, eye naɖem,


Yehowa enye mɔ̃ sesẽ na hiãtɔwo, enye mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.


Ɖe ɖokuiwò le esi abe sãde ene, eye abe xevi tso mɔ̃trela si me ene.


Aleke mianɔ gbɔgblɔm be: Kalẽtɔwo míenye, eye ŋutsu aʋamewo míenye?


Le gaƒoƒo ma me ke farisitɔa ɖewo va gblɔ nɛ bena: Do go, eye nadzo le afisia; elabena Herodes le didim be, yeawu wò.


Tete Saul dɔ amewo ɖo ɖe Dawid ƒe me, be woadzɔ eŋu, eye ne ŋu ke la, woawui. Eye Dawid srɔ̃ Mixal gblɔ nɛ bena: Ne mèɖe wò agbe le zã sia me o la, ekema ne ŋu ke la, àku!


Yonatan gado ɣli ɖe ŋutsuvi la yome bena: Ɖe abla, nètso, megate o! Eye Yonatan ƒe ŋutsuvi la fɔ aŋutrɔawo va eƒe aƒetɔ gbɔ.


Eye Dawid dzo tso afima heyi Mizpe le Moab, eye wògblɔ na Moab-fia bena: Taflatse, na fofonye kple danye naʋu ava mia gbɔ, vaseɖe esime manya, alesi Yehowa awɔ nam!


Eye Dawid nɔ bebeƒewo le gbedzi kple towo dzi; eye Saul du ŋkekeawo katã, gake Mawu metsɔe de asi nɛ o.


Ke Dawid gblɔ le eƒe dzi me bena: Gbe ɖeka ko mele Saul si me tsi ge; anyo nam wu, ne mesi yi ɖe Filistitɔwo ƒe anyigba dzi, ekema Saul atasi nye nya, eye magadim le Israel-nyigba blibo la dzi azɔ o, eye mage le esi me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa