Eye esi wodo go le dua me, eye wo yome mebu haɖe o la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla bena: Tso, nati ŋutsuawo yome, eye ne etu wo la, nagblɔ na wo bena. Nukaŋuti mietsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe mahã?
Eye esi Absalom le vɔ sam la, eɖo ame ɖe Dawid ƒe adaŋudela Gilonitɔ Axitofel, le wo de Gilo. Eye nugbeɖoɖo la nu le sesẽm, eye ameha, si le Absalom ŋu la, le agbɔ sɔm de dzi.
Ɖe wotsɔa vɔ̃ ɖoa nyuie teƒe, hafi woawo ɖe ʋe na nye luʋɔa? Ɖo ŋu, alesi metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.